Axa do Ŋgɔ

Woezɔ̃ va Eʋe Wikipedia dzi!
Sidzedze ƒe dɔwɔƒe si woate ŋu azã faa, afisi amesiame ate ŋu atsɔ eƒe sidzedze akpe ɖe eŋu le.

Nyati siwo woɖe ɖe go

Jerry John Rawlings si wodzi Masa 22, 1947 me, nye Ghana asrafomegã, yameʋukula, kple dunyahela si kplɔ dukɔa kpuie le ƒe 1979 me eye emegbe tso ƒe 1981 va se ɖe ƒe 2001 me. Exɔ ŋgɔ na asrafowo ƒe dziɖuɖu vaseɖe ƒe 1993 me eye emegbe wòwɔ dɔ zi eve abe Ghana ƒe dukplɔla si woti le demokrasimɔ nu ene. Eyae nye kplɔla si nɔ anyi ɣeyiɣi didi wu le Ghana ƒe ŋutinya me, eye wòɖu dukɔa dzi ƒe 19 sɔŋ. Etrɔ megbe le Adeɛmekpɔxe 12, 2020 me.

Xlẽ yi edzi le afisia...


Nyati nyuiwo

Gana nye Afrika dukɔwo dometɔ ɖeka. Ele Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Gana do liƒo kple Togo kple, Nyiɖu Ƒuta kpakple Burkina Faso. Aƒu si woyɔna be Gulf of Guinea la le eƒe anyiehe lɔƒo. Eƒe dukɔmenɔlawo ƒe xexlẽme ɖo 32,833,031 lɔƒo (2016). Woɖo Gana tso Gold Coast kpakple British Togoland si nɔ Fransetɔwo ƒe dziɖuɖu te la ƒe kpekpe me. Gana dukɔa xɔ dokuisinɔnɔ tso Eŋlisiawo gbɔ le Tedoxe 6 dzi, le ƒe 1957 me. Gana ƒe fiadzue nye Accra.

Xlẽ yi edzi le afisia.....


Ènyaa...?
Volta Region
Dukɔ Ghana
Toxɔdu Ho
Distriktwo 25
Kekeme 20,570 km²
Xexleme (2000 Census) 1,635,421
ISO 3166 code GH-TV

Volta Region (Amugã Nutome) si woyɔna tsa be Togoland alo British Togoland nye Ghana ƒe nuto wuiade wo dometɔ ɖeka. Ele ɣetoɖoe kpadzi ne Togo eye le ɣedzeƒe kpadzi na Amuga tɔsisi la. Efe toxɔdue nye Ho.

Distriktwo


Ŋkekea ƒe nɔnɔmetata


Wikimedia ƒe dɔwɔwɔwo
Commons
Free media repository
Wiktionary
Dictionary and thesaurus
Wikidata
Free knowledge base
Wikiquote
Collection of quotations
Wikibooks
Free textbooks and manuals
Wikisource
Free-content library
Wikispecies
Directory of species
Wikiversity
Free learning materials and activities
Meta-Wiki
Wikimedia project coordination
Egbe